John 2:13-22

Yesu nya nudzralawo do goe le gbedoxɔ me

(Mateo 21:12-13; Marko 11:15-17; Luka 19:45-46)

13Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖo edzi la, Yesu yi Yerusalem. 14Le afi sia la, ekpɔ asitsalawo le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu wonɔ nyiwo, alẽwo kple akpakpawo dzram hena vɔsasa. Gaɖɔlilawo hã nɔ teƒea nɔ ga ɖɔ lim na amewo. 15Enumake Yesu tsɔ ka aɖewo trɔ atam eye wònya wo katã do goe le gbedoxɔ la me, enya alẽawo kple nyiawo hã do goe, ekaka gaɖɔlilawo ƒe gawo ɖe anyigba eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi. 16Azɔ ezɔ yi ame siwo nɔ akpakpawo dzram la gbɔ eye wòɖe gbe na wo bena, “Mitsɔ nu siawo do goe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe Aƒe wɔ asimee o!”

17Nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be mawunya gblɔ be, “Didi vevi aɖe le menye be mawɔ dɔ akɔ wò aƒe alo gbedoxɔ la ŋu.”

18Azɔ Yudatɔwo ƒe dumemegãwo va Yesu gbɔ va biae bena, “Ŋusẽ kae nèkpɔ bena nànya ameawo do goe? Nenye be èka ɖe edzi be Mawue na ŋusẽ sia ye la ekema wɔ nukunu aɖe nàtsɔ ɖo kpe edzii na mi.”

19Yesu ɖo eŋu na wo be, “Enyo, mawɔ nukunu aɖe na mi, eyae nye be, migbã mawuxɔ sia eye nye la magagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ pɛ ko megbe.”

20Ameawo katã do ɣli be, “Nu ka! Ƒe blaene-vɔ-adee wotsɔ tu gbedoxɔ siae. Ke wò ya nèbe yeate ŋu atui le ŋkeke etɔ̃ mea?” 21Ke “gbedoxɔ” si ŋu Yesu nɔ nu ƒom le lae nye eƒe ŋutilã. 22Esi Yesu tsi tre tso ame kukuwo dome la nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be egblɔ nya sia ɖi. Eye wokpɔe dze sii be nya siwo katã Yesu gblɔ tso mawunya me la ƒo nu tso eya ŋutɔ ŋu eye wo katã hã va eme vavã.

Copyright information for EweBEE